2 Chronicles 23:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, blafowo kple fiaŋusrafowo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa ƒe gbedoxɔ la me, heto Dzigbegbo la me yi fiasã la me eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete wòɖe ame alafawo ƒe amegãwo, dukɔ la ƒe ame ŋkutawo kple aƒekɔwo kpakple dukɔ hahoo la katã, eye wokplɔ fia la tso Yehowa-ƒe me heto dzigbegbo la nu yi fiaƒe me, eye wotsɔ fia la ɖo fiazikpui la dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Yoyada ɖe ame alafawo ƒe kplɔlawo dukɔ la ƒe ame ŋkutawo, dziɖulawo kple dukɔ blibo la katã, eye wokplɔ fia la tso Aƒetɔ ƒe aƒe la me zɔ dzigbegbo la nu yi fiasã la me, eye wòtsɔ fia la ɖo fiazikpui dzi.