2 Chronicles 23:6 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ame aɖeke mage ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o negbe nunɔlawo kple Levitɔ siwo anɔ dɔ wɔm ko. Woawo ya ate ŋu age ɖe eme elabena wokɔ wo ŋu ke ele na ame bubuawo be woadzɔ teƒe siwo Yehowa de asi na wo la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Amea ɖeke megava Yehowa ƒe aƒe la me o, negbe nunɔlawo kple Lewi-vi, siwo le dɔ wɔm la ko; woawo ko nava, elabena ame kɔkɔewo wonye. Eye dukɔ blibo la nalé Yehowa ƒe ɖoɖowo me ɖe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame aɖeke nagava Aƒetɔ ƒe aƒe la me o, negbe nunɔlawo kple Levi vi siwo le dɔ wɔm le afi ma la ko. Woawo ya kpɔ mɔ age ɖe eme elabe wo ŋu kɔ, ke dukɔ blibo la nawɔ Aƒetɔ ƒe ɖoɖo dzi.