2 Chronicles 23:7 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Mi Levitɔwo ƒe viwo, mitsɔ aʋawɔnuwo ɖe asi, midzɔ fia la ŋu eye miawu ame sia ame si adze mi age ɖe gbedoxɔ la me. Minɔ fia la ŋu kplikplikpli!”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Lewi-viwo dome amesiame nalé eƒe aʋawɔnu ɖe asi, eye woaɖe to ɖe fia la, ne amea ɖe va aƒea me la, woawui; eye minɔ fia la ŋu, ne eva me alo wòdo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Levi viwo naƒo xlã fia la, eye wo dome ame sia ame nalé aʋawɔnu ɖe asi. Ame si va aƒea me la, woawui. Afi sia afi si fia la to la, minɔ eŋu.”