2 Chronicles 23:8 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Levitɔwo ƒe viwo kple Yuda blibo la wɔ nunɔla Yehoiada ƒe ɖoɖoawo dzi. Aʋafiawo kplɔ ame siwo manɔ dɔ me le Dzudzɔgbe la dzi o kple esiwo anɔ dɔ me gbe ma gbe la siaa yi na nunɔla Yehoiada elabena nunɔlagã Yehoiada, meɖe mɔ na wo wodzo yi aƒe me o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Lewi-viwo kple Yuda blibo la wɔ, abe alesi nunɔla Yoyada de se pɛpɛpɛ ene, eye amesiame kplɔ eƒe amewo, amesiwo ɖo dɔ me le dzudzɔgbe dzi kple amesiwo do le dɔ me le dzudzɔgbe dzi siaa, elabena nunɔla Yoyada meɖe asi le amehawo ŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Levi viawo kple Yudatɔwo katã wɔ ɖe ale si nunɔla Yoyada ɖe gbe na wo la dzi pɛpɛpɛ. Nunɔla Yoyada meɖe asi le dɔwɔhatsotsoawo ŋu woyi aƒe o. Ame siwo ado le dɔ me le dzudzɔgbe la dzi kple ame siwo ava dɔ me le dzudzɔgbe la dzi la katã li, eye ame sia ame le eƒe amewo nu.