2 Chronicles 24:11 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Nenye be Levitɔwo tsɔ gaɖaka la vɛ na fia la ƒe dɔdzikpɔlawo eye wokpɔ be ga geɖe le eme la, fiasãmegbalẽŋlɔla la kple nunɔlagã ƒe dɔdzikpɔla va trɔa ga la le aɖaka la me eye wotsɔa aɖaka ƒuƒlu la ɖadana ɖe enɔƒe. Wowɔa esia enuenu eye wokpɔ ga home gã aɖe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne wokpɔ be, ga la sɔ gbɔ la, ekema Lewi-viwo tsɔa aɖaka la yia amesi fia la ɖo la gbɔ, eye fia ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlagã ƒe dɔwɔla vana, eye wotrɔnɛ le aɖaka la me gatsɔnɛ ɖadana ɖe eteƒe. Alea wowɔe gbesiagbe, eye woƒo ga geɖe nu ƒu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne wokpɔ be gaa sɔ gbɔ la, Levi viwo tsɔa aɖaka la yia ame si fia ɖo ɖi la gbɔe. Fia ƒe agbalẽŋlɔla kple nunɔlagã teƒenɔla vana, eye wotrɔa gaa le aɖakaa me gagbugbɔa aɖakaa va dana ɖe eteƒe. Wowɔe alea tso ŋkeke yi ŋkeke, eye wokpɔ ga fũu.