2 Chronicles 24:12 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia la kple Yehoiada tsɔa ga la naa ŋutsu siwo wɔa dɔ siwo hiã le Yehowa ƒe gbedoxɔ la ŋu. Wotsɔa gliɖolawo kple atikpalawo be woaɖɔ Yehowa ƒe gbedoxɔ la ɖo. Nenema kee wotsɔa gayibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo be woaɖɔ gbedoxɔ la ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia la kple Yoyada wotsɔ wo na Yehowa ƒe aƒe la ƒe dɔnunɔlawo, eye woɖatsɔ kpefulawo kple atikpalawo, ne woaɖɔ Yehowa ƒe aƒe la ɖo hekpe ɖe gayibɔ- kple akɔblidɔwɔlawo ŋu, ne woaɖɔ Yehowa ƒe aƒe la do.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Fia la kple Yoyada tsɔ gaa na dɔnunɔla siwo le Aƒetɔ ƒe aƒe la dzadzraɖo nu, eye woawo tsɔ xɔtulawo kple atikpalawo be woagbugbɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la aɖɔ ɖo. Ga yibɔ kple akɔbli dɔwɔlawo hã kpe ɖe wo ŋu be woadzra Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖo.