2 Chronicles 24:13 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ŋutsu siwo nɔ dɔa nu la wɔ dɔ kple kutrikuku eye ɖɔɖɔɖodɔ la yi edzi nyuie le woƒe kpɔkplɔ te. Wogbugbɔ Mawu ƒe gbedoxɔ la tu, heglãe ɖe eƒe tata gbãtɔ nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi dɔnunɔlawo lé dɔa me la, dɔ la de ŋgɔ to wo si me, eye wogaɖɔ Mawu ƒe aƒe la ɖo wòɖo eƒe nɔnɔme, eye wowɔe asi te eŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dɔwɔlawo katã biã ŋku ɖe dɔa ŋu wɔ, eye wogbugbɔ ɖɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la ɖo asi tee wòɖo nɔnɔ nyui me.