2 Chronicles 24:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wowu dɔ la nu la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yehoiada eye wotsɔe wɔ Yehowa ƒe gbedoxɔmenu siawoe: subɔsubɔnuwo, numevɔsanuwo kple agbawo kple klosalo kple sikanuwo. Zi ale si Yehoiada nɔ agbe la, numevɔsa yi edzi ɣe sia ɣi le Yehowa ƒe gbedoxɔ me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke esi wowɔe vo la, wotsɔ ga susɔea na fia la kple Yoyaɖa, eye wotsɔe wo Yehowa ƒe aƒe la me nuwo, subɔsubɔdɔwɔnuwo kple vɔsanuwo, trewo, sikanuwo kple klosalonuwo. Ale wosa numevɔ le Yehowa ƒe aƒe la me ɖaa le Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wowɔe vɔ la, wotsɔ ga si susɔ la vɛ na fia la kple Yoyada wotsɔ wɔ Aƒetɔ ƒe aƒe la me nuwo, subɔsubɔdɔwɔnuwo kple vɔsanuwo, trewo, sikanuwo kple klosalonuwo. Ale wosaa numemevɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me ɖaa le Yoyada ƒe agbenɔɣi katã.