2 Chronicles 24:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woɖe asi le Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu, ƒe gbedoxɔ la ŋu eye wosubɔ aƒeliwo kple legbawo. Le woƒe nu vɔ̃ wɔwɔ ta la, Mawu ƒe dɔmedzoe bi ɖi Yuda kple Yerusalem ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Wogblẽ Yehowa, wo fofowo ƒe Mawu ƒe aƒe la ɖi, eye wosubɔ Aserawo kple legbawo Tete dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi le woƒe fɔɖiɖi sia ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wogblẽ Aƒetɔ, wo tɔgbuiwo ƒe Mawu la, ƒe aƒe la ɖi, eye wosubɔ nyɔnumawu, Asera kple legbawo. Le woƒe fɔɖiɖi sia ta la, dɔmedzoe va Yuda kple Yerusalem dzi.