2 Chronicles 24:20 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ Mawu ƒe Gbɔgbɔ va dze Zekaria, Yehoiada ƒe vi, dzi. Eyɔ ameawo katã ƒo ƒu. Etsi tsitre ɖe kplɔ̃ aɖe dzi le ameawo ŋgɔ hegblɔ na wo be, “Mawu di be yeanya nu si na miele yeƒe sewo dzi wɔm o. Nu sia tae naneke megadzea edzi na mi o. Miegble Yehowa ɖi eya ta eya hã gble mi ɖi azɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Mawu ƒe gbagba dze nunɔla Yoyada ƒe vi Zaxarya dzi, eye wòtsi tre ɖe dukɔ la ŋku me gblɔ na wo bena: Ale Mawu gblɔ esi: Nukaŋuti míeɖa Yehowa ƒe se dzi, ne dzɔgbenyuiea ɖeke maganɔ mia ŋu o? Esi miegblẽ Yehowa ɖi la, eyata eya hã gblẽ mi ɖi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete Mawu ƒe gbɔgbɔ dze Zaxarya, nunɔla Yoyada vi dzi. Etsi tsitre ɖe dukɔ la ŋgɔ, eye wògblɔ na wo be: “Mawu be: ‘Nu ka ta mieda Aƒetɔ ƒe seawo dzi eye dzɔgbevɔ̃e va mia dzi? Miegblẽ Aƒetɔ ɖi eya ta eya hã gblẽ mi ɖi.’ ”