2 Chronicles 24:23 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣleti aɖewo megbe la, Siria ƒe aʋakɔ va ɖu Yuda kple Yerusalem dzi eye wowu dukɔa kplɔlawo katã. Woha afunyinu geɖewo ɖo ɖe woƒe fia le Damasko.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Le ƒe ɖeka megbe la Aramtɔwo ƒe aʋakɔ ho ɖe eŋu, eye wova Yuda kple Yerusalem, wowu dukɔ la ƒe amegãwo katã le dukɔ la dome, eye woɖo woƒe aboyonuwo katã ɖe Damasko-fia.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ƒea ƒe nuwuwu la, Siriatɔwo ƒe aʋakɔ ho ɖe Yoas ŋu. Wova Yuda kple Yerusalem, wu amegãwo katã le dukɔa me, eye wolɔ aboyonuwo katã yi na Damasko-fia.