2 Chronicles 24:25 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Siria ƒe aʋakɔ la dzo la, Yoas tsi aba dzi le abi gã si wòxɔ la ta. Yoas ŋutɔ ŋumewo ɖo ta me be yewoawui le esi wòwu nunɔla Yehoiada ƒe vi, Zaxarya ta. Ale wowui le eƒe aba dzi eye woɖii ɖe David Ƒe Du la me gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wodzo le egbɔ la, — ele dɔ lém vevie, hafi wogblẽe ɖi, — eƒe dɔlawo bla ɖe eŋu le hlɔ̃, si wòɖo ɖe nunɔla Yoyada ƒe viwo ŋu la ta; eye wowui ɖe eƒe aba dzi. Ale woku, eye woɖii ɖe Dawid ƒe du la me, ke womeɖii ɖe fiawo ɖiƒe o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Exɔ abi. Esi futɔawo dzo le egbɔ la, eƒe dɔlawo ɖo nugbe ɖe eŋu hewui le eya ŋutɔ ƒe aba dzi, tsɔ bia hlɔ̃e ɖe nunɔla Yoyada viŋutsu siwo wòwu la ta. Ale wòku, eye woɖii ɖe David ƒe du la me, gake menye ɖe fiawo ɖiƒe o.