2 Chronicles 24:27 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woŋlɔ nu tso Yoas ƒe viŋutsuwo, fiƒode siwo woli kɔe ɖe Yoas dzi kple ale si wogakɔ gbedoxɔ la ŋuti la ɖe Fiawo ƒe ŋutinyawo me. Esi Yoas ku la, via Amazia ɖu fia ɖe eteƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Viaŋutsuwo kple nya gbogbo, siwo wogblɔ ɖe eŋu kpakple alesi wògbugbɔ Mawu ƒe aƒe la gɔme ɖo anyi la, woŋlɔ wo ɖe ŋutinya, siwo le fiawo ƒe agbalẽ me la me. Eye via Amazya zu fia ɖe eteƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yoas viŋutsuwo ƒe ŋutinyawo, gbeƒã gbogbo si woɖe ɖe eŋu kple ale si wogaɖo Mawu ƒe aƒe la gɔme anyi la, woŋlɔ wo ɖe Fiawo ƒe Agbalẽ ŋu nya me ɖeɖewo me. Via Amazya va zu fia ɖe eteƒe.