2 Chronicles 24:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Eyɔ nunɔlawo kple Levitɔwo ƒo ƒu eye wògblɔ na wo be, “Miyi Yuda duwo katã me eye miadzɔ xɔtuga le Israelviwo si ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo. Mitso ɖe eŋu kaba! Migahe ɖe megbe o!” Ke Levitɔwo metso ɖe eŋu enumake o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòƒo nunɔlawo kple Lewi-viwo nu ƒu gblɔ na wo bena: Miyi Yuda-duwo me, eye midzɔ ga le Israel blibo la si ƒe sia ƒe, ne miatsɔ aɖo mia Mawu ƒe aƒe la ɖo. Mitsɔ dzo ɖe nusiawɔwɔ ŋu! Ke Lewi-viwo metsɔ dzo ɖe eŋu o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eyɔ nunɔlawo kple Levi viwo ƒo ƒu, eye wògblɔ na wo be: “Miyi Yuda-duawo me ne miaɖadzɔ ga le ame sia ame si le Israel blibo la, ne miatsɔ adzra Mawu ƒe aƒe la ɖo abe ale si wòhiã ƒe sia ƒe la ene. Mitsɔ dzo ɖe esia wɔwɔ ŋu.” Ke Levi viwo meʋã ɖe ga la dzɔdzɔ ŋu o.