2 Chronicles 24:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale fia la yɔ Yehoiada, nunɔlagã la eye wòbiae be, “Nu ka ta mèzi Levitɔwo dzi be woaɖaxɔ ga tso Yuda duwo me kple Yerusalem hena gbedoxɔ la dzadzraɖo o? Ele be míakpɔ egbɔ be wowɔ se si Mose, Yehowa ƒe dɔla, de la dzi ale be míate ŋu adzra gbedoxɔ la ɖo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete fia la yɔ Yoyada, si nye tatɔ la, eye wògblɔ nɛ bena: Nukaŋuti meɖi tso Lewi-viwo si be, woaɖaxɔ Yehowa ƒe dɔla Mose ƒe adzɔ, si wòɖo na Israel ƒe ameha la ɖe Mawu ƒe agbadɔ la ŋu la, tso Yuda kple Yerusalem si oa?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale fia la yɔ woƒe tatɔ Yoyada biae be: “Nu ka ta mèkpɔ egbɔ be Levi viwo yi Yuda kple Yerusalem ɖaxɔ adzɔ si Aƒetɔ ƒe dɔla Mose ɖo na Israel-hame be wòana ɖe nubabla ƒe agbadɔ la dzikpɔkpɔ ta o?”