2 Chronicles 25:13 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Israel ƒe aʋakɔ si Amazia gbugbɔ ɖo ɖe aƒe la, ge ɖe Yudanyigba dzi eye woha nu le du geɖewo me le Bet Horon lɔƒo ɖo ta Samaria. Wowu ame akpe etɔ̃ (3,000) eye woha aboyonu geɖewo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ameha, siwo Amazya gbugbɔ ɖo ɖa, be womagayi aʋa la kplii o la, yi ɖakaka ɖe Yuda-duwo me tso Samaria vaseɖe Bet-Xoron; wowu ame akpe etɔ̃ le wo dome, eye woha aboyonu geɖe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke Israel-srafo siwo Amazya gbugbɔ be womagayi kple ye o la yi ɖakaka ɖe Yuda-duwo me tso Samaria va se ɖe Bet-Xoron. Wowu ame akpe etɔ̃, eye woha nu geɖe dzoe.