2 Chronicles 25:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Fia Amazia ɖu Edomtɔwo dzi eye wòtrɔ gbɔ la, etsɔ legba siwo woxɔ le Seirtɔwo si la gbɔe. Etsɔ wo ɖo mawuwoe, dea ta agu na wo eye wòdoa dzudzɔ na wo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esime Amazya ɖu Edomtɔwo dzi, eye wògbɔ la, ehe Seir-viwo ƒe mawuwo gbɔe, eye wòli mawuawo na eɖokui; ede ta agu na wo, eve wòɖo dzudzɔ na wo
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Amazya ɖu Edomtɔwo dzi trɔ gbɔ la, etsɔ woƒe mawuwo ɖe asi vɛ. Eli mawuawo na eɖokui, eye wòde ta agu na wo hetɔ dzo lifi na wo.