2 Chronicles 25:17 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, Yuda fia, Amazia, se eƒe aɖaŋuɖolawo ƒe gbe eye wòho aʋa ɖe Israel fia, Yoas, Yehoahaz ƒe vi kple Yehu ƒe tɔgbuiyɔvi ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Yuda-fia Amazya de aɖaŋu heɖo ame ɖe Israel-fia Yoas, amesi nye Yehu vi Yoaxaz ƒe vi, be woagblɔ ne bena: Va, ne míakpe akɔ kple mía nɔewo kpɔ!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yuda-fia Amazya de adaŋu, eye wòɖo ame ɖe Israel-fia Yoas, ame si nye Yoaxaz vi kple Yehu tɔgbuiyɔvi la be: “Va ne míakpe akɔ kple mía nɔewo.”