2 Chronicles 25:23 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Israel fia Yehoas lé Amazia, Yuda fia, ame si nye Yoas ƒe vi, Ahazia ƒe vi le Bet Semes. Tete Yehoas kplɔe va Yerusalem eye wògbã Yerusalem ƒe gliwo ƒu anyi tso Efraimgbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo la gbɔ. Teƒe si wògbã la didi abe mita alafa ɖeka blaenyi ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Israel-fia Yoas lé Yuda-fia Amazya, amesi nye Axaz vi Yoas ƒe vi la, le Bet-Semes, eye wòkplɔe va Yerusalem; eye wògbã Yerusalem ƒe gli tso Efrayim-gbo la nu vaseɖe dzogoedzigbo la gbɔ, ele abɔklugui alafa ene.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israel-fia Yoas lé Yuda-fia Amazya si nye Yoas vi kple Axazya tɔgbuiyɔvi la le Bet-Semes, eye wòkplɔe va Yerusalem. Egbã Yerusalem-gli la, tso Efrayim-gbo la nu va se ɖe Dzogoedzigbo si didi abe meta alafa eve ene la gbɔ.