2 Chronicles 25:24 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã le Obed Edom si me le Yehowa ƒe gbedoxɔ me le hekpe ɖe kesinɔnu siwo katã nɔ fiasã la me kple awɔbamewo ŋuti yi Samaria.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòlɔ sika kple klosalowo katã kpakple ŋudɔwɔnuawo katã, siwo le Obed-Edom si me le Mawu ƒe aƒe la me, kple fia ƒe aƒe me kesinɔnuwo hekpe ɖe awɔbamewo ŋuti yi Samaria.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Elɔ sika kple klosalo kpakple ŋudɔwɔnu siwo katã le Obed-Edom ƒe dzikpɔkpɔ te le Mawu ƒe aƒe la me hekpe ɖe fiasã me kesinɔnuwo ŋu. Ekplɔ ame siwo wòɖe aboyoe la kpe ɖe wo ŋu, eye wòtrɔ yi Samaria.