2 Chronicles 25:4 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ke mewu wo viwo ya o. Ewɔ ɖe Yehowa ƒe se si wòde woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be, “Womawu fofowo ɖe wo viwo ƒe nu vɔ̃wo ta o, nenema ke viwo hã maku ɖe wo fofowo ƒe nu vɔ̃wo ta o, ke boŋ ele be ame sia ame naku ɖe eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃ ta.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke mewu wo viwo o, abe alesi Yehowa de se gblɔ woŋlɔ ɖe Mose ƒe segbalẽa me ene be: Fofowo megaku ɖe viwo nu o, eye viwo megaku ɖe fofowo nu o, ke boŋ amesiame nèku ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Gake mewu wo viwo ya o, ke boŋ ewɔ se si Aƒetɔ de ɖe Mose ƒe Segbalẽa me la dzi. Eyae nye be: “Womawu vi tɔ́ ɖe via ta o, eye womawu vi ɖe vi tɔ́ ta o; ke boŋ woawu ame sia ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nuvɔ̃ ta.”