2 Chronicles 25:5 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Gawu la, Amazia yɔ Yuda katã ƒo ƒu eye wòde dɔ asi na wo le woƒe ƒomeawo nu be, woanye asrafo akpewo kple asrafo alafa ɖekawo (100) ƒe aʋafiawo na Yuda kple Benyamin katã. Emegbe la etia ɖekakpui siwo xɔ ƒe blaeve alo wu nenema eye wokpɔ be woƒe xexlẽme de akpe alafa etɔ̃ (300,000), wole klalo na asrafodɔ wɔwɔ ame siwo ate ŋu awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ nyuie.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Amazya ƒo Yuda blibo la kple Benyamin nu ƒu, eye wòɖo wo le woƒe aƒekɔwo, le ame akpewo ƒe amegãwo kple ame alafawo ƒe amegãwo nu. Eye wolia amesiwo xɔ ƒe blave kple edzivɔwo la xlẽ, wole ame tiatia akpe alafa etɔ̃, amesiwo ate ŋu ade aʋa, eye woawɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋu dɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Amazya ƒo Yuda-to blibo la kple Benyamin-to la nu ƒu, eye wòɖo wo ɖe woƒe ƒomewo me ɖe aʋawɔwɔ ŋu. Eɖo wo ɖe akpewo kple alafawo me, eye aʋakplɔla le hatsotso ɖe sia ɖe nu. Exlẽ ŋutsu siwo xɔ ƒe bla eve kple vɔ, eye woate ŋu ade aʋa, awɔ akplɔ kple akpoxɔnu ŋudɔ la, wole ame tiatia akpe alafa etɔ̃.