2 Chronicles 26:11 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ema eƒe aʋakɔ la ɖe aʋalɔglowo me eye wòde amewo wo me abe ale si Yeiel, aʋakɔ la ƒe nuŋlɔla kple eƒe kpeɖeŋutɔ Maaseya, ɖoe da ɖi ene. Aʋafia gã lae nye aʋakplɔla Hananiya.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Aʋawɔla kalẽtɔ, siwo hona dea aʋa hamehame la, le Uziya si, agbalẽŋlɔla Yeiel kple dɔdzikpɔla Maaseya tia wo xlẽ le Xananya, amesi tso fia ƒe amegãwo dome ƒe dzikpɔkpɔ te.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Asrafo hatsotso vovovo siwo nɔ klalo na aʋa la nɔ esi. Uziya ƒe agbalẽŋlɔla Yeiel kple dɔdzikpɔla Maaseya tia asrafoawo xlẽ, heŋlɔ ɖe agbalẽ me le Xananya, ame si tso fia ƒe aʋakplɔlawo dome la ƒe dzikpɔkpɔ te.