2 Chronicles 26:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ena nunyala aɖe wɔ aʋawɔmɔ aɖewo le Yerusalem, aʋawɔmɔ siawo tea ŋu daa aŋutrɔwo kple kpe gãwo tso xɔ kɔkɔwo kple xɔwo tame. Ale eƒe ŋkɔ de dzi ŋutɔ elabena Yehowa kpe ɖe eŋu nukutɔe va se ɖe esime wòzu fia ŋusẽtɔ gã aɖe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòwɔ mɔ̃a ɖe, si aɖaŋutɔa ɖe to vɛ la, le Yerusalem, si wotsɔ, da ɖe xɔ tsralawo kple xɔwo ta me, ne woatsɔ ada aŋutrɔwo kple kpe gãwoe. Eƒe ŋkɔ de du, elabena woxɔ nɛ nukutɔe, vaseɖe esime ŋusẽ ɖo eŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ewɔ mɔ̀ si aɖaŋuwɔlawo to vɛ la ɖe Yerusalem, eye wòtsɔ wo ɖo gbetakpɔxɔ tame kple gliawo ƒe dzogoewo dzi, be woatsɔ ada aŋutrɔwo kple kpe gãwoe. Uziya ŋkɔ de du eye ŋusẽ ɖo eŋu ale gbegbe, elabe wokpe ɖe eŋu nukutɔe.