2 Chronicles 26:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wotɔ gbee gblɔ be, “Medze be wò, Uzia, nàdo dzudzɔ ʋeʋĩ na Yehowa o. Nunɔlawo ƒe dɔe, Aron ƒe dzidzimeviwo, ame siwo ŋu wokɔ be woado dzudzɔ ʋeʋĩ. Do go le Kɔkɔeƒe la elabena mèwɔ nuteƒe o eye Yehowa Mawu made bubu ŋuwò o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsi tre ɖe fia Uziya ŋu gblɔ nɛ bena: Uziya, medze wò be, nado dzudzɔ na Yehowa o, negbe nunɔlawo, siwo nye Aron viwo, amesiwo ŋu wokɔ hena dzudzɔdodo la ko. Do go le kɔkɔeƒe la, elabena èwɔ nu tovo, eye Yehowa made bubua ɖeke ŋuwò o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wotsi tre ɖe eŋu gblɔ nɛ be: “Wò, Uziya, menye wòe atɔ dzo lifi na Aƒetɔ o. Ke boŋ nunɔlawo, Aron ƒe dzidzimeviwo ame siwo ŋu wokɔ la koe kpɔ mɔ awɔe. Do go le kɔkɔeƒe la, elabe èwɔ nu tovo. Aƒetɔ, Mawu made bubu aɖeke ŋuwò o.”