2 Chronicles 26:21 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Fia Uzia dze kpodɔ va se ɖe eƒe kugbe. Kpodɔ la nɔ eŋu, woɖee ɖe aga ɖe aƒe aɖe me eye womeɖe mɔ nɛ be wòagava Yehowa ƒe gbedoxɔ me o. Via, Yotam zu fiateƒenɔla le fiasã la me eye wòɖu ame siwo nɔ anyigba la dzi la dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale fia Uziya dze anyi vaseɖe eƒe kugbe, eye wònɔ aga le xɔa ɖe me abe anyidzelawo ene, elabena wotsri Yehowa ƒe aƒe la nɛ, eye via Yotam nɔ fia ƒe aƒe la nu hedrɔ̃ ʋɔnu dukɔ hahoo la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutigbalẽdɔ dziŋɔ sia tsi fia Uziya ŋu va se ɖe eƒe kugbe. Le dɔlélea ta la, enɔ aga le xɔ bubu me, eye wotsri Aƒetɔ ƒe aƒe la me vava nɛ. Via Yotam va nɔ fiasã la nu, eye wòɖu dukɔ la dzi.