2 Chronicles 27:2 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yotam Ewɔ nu dzɔdzɔe le Yehowa ŋkume, abe ale si fofoa, Uzia, wɔ ene. Ke eya mege ɖe gbedoxɔ la me abe fofoa ene o; ke eƒe amewo ya yi nu gbegblẽ wɔwɔ dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ewɔ nusi dze Yehowa ŋu, abe alesi fofoa Uziya wɔ pɛpɛpɛ ene, negbe ɖeko eya mege ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me o. Ke dukɔ la gale nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ɖaa ko.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yotam wɔ nu si dze Aƒetɔ ŋu abe tɔ́a Uziya ene, negbe ɖeko eya mege ɖe Aƒetɔ ƒe aƒe la me o. Ke dukɔ la ganɔ nu gbegblẽ wɔwɔ dzi ko.