2 Chronicles 27:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Woŋlɔ Yotam ƒe ŋutinya mamlɛa, eƒe aʋawɔwɔwo kple eƒe wɔna bubuwo ɖe Israel fiawo kple Yuda fiawo ƒe Ŋutinyawo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yotam ŋutinya susɔeawo, eƒe aʋawɔwɔwo katã kple eƒe nuwɔwɔwo la, woŋlɔ wo ɖe Israel-fiawo kple Yuda-fiawo ƒe agbalẽ me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yotam ƒe nuwɔnawo, eƒe aʋa siwo katã wòwɔ kple eƒe agbenɔnɔ la, woŋlɔ wo ɖe Israel kple Yuda-fiawo ƒe Ŋutinyagbalẽ la me.