2 Chronicles 28:15 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ame ene siwo woyɔ va yi la, ma awuwo tso afunyinuawo me na nyɔnu kple ɖevi siwo hiã awuwo eye wotsɔ afɔkpawo, nuɖuɖu kple wain na wo. Wotsɔ dɔnɔwo kple ame tsitsiwo ɖe tedziwo dzi, gbugbɔ wo yi na woƒe ƒometɔwo le Yeriko, Detiwo Ƒe Du me eye ame siwo kplɔ wo yi la trɔ va Samaria.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ŋutsu, siwo ŋkɔ woyɔ la, tsi tre xa aboyomeawo, wotsɔ awu tso aboyonuawo dome do na amesiwo katã le amama, wotsɔ awuwo kple; afɔkpawo, nuɖuɖu kple nunono na wo, wosi ami na wo, eye wotsɔ amesi wo katã gbɔdzɔ la, ɖo tedziwo dzi hekplɔ wo va wo nɔviwo gbɔ le devedu Yerixo me, eye wògagbugbɔ yi Samaria.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ŋutsu siwo ŋkɔ woyɔ la tso ɖaxɔ aboyomeawo. Woɖe awu kple afɔkpa tso aboyonuawo me na ame siwo le amama la wodo. Wona woɖu nu, no nu eye wosi ami na wo. Wotsɔ ame siwo katã gbɔdzɔ la ɖo tedziwo dzi, eye wokplɔ aboyomeawo katã gbugbɔ va wo nɔviwo gbɔ le Yerixo, devedu la me. Emegbe woawo ŋutɔ gbugbɔ yi Samaria.