2 Chronicles 28:18 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
le esime Filistitɔwo va ha du siwo nɔ togbeawo dzi kple esiwo nɔ Negev le Yuda. Woxɔ du siawo: Bet Semes, Aiyalon kple Gederot Timna, Soko kple Gimzo kpakple kɔƒe siwo ƒo xlã wo eye wonɔ wo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Filistitɔwo hã va kaka ɖe tagbaduwo me kple Yuda ƒe dziehe, eye woxe Bet-Semes, Ayalon, Gederot, Soxo kple eŋu duwo. Timna kple eŋu duwo kpakple Gimso kple eŋu duwo, eye wono wo me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le ɣeyiɣi sia me la, Filistitɔwo hã va dze bali me duawo kple Yuda ƒe anyigbeme dzi. Woxɔ Bet-Semes, Ayalon kple Gederot-duwo kpakple Saxo, Timna, Gimso kple wo ŋu duwo, eye wonɔ wo me.