2 Chronicles 28:24 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Fia la tsɔ sikatreawo tso gbedoxɔ la me eye wògbã wo kakɛkakɛ. Etu gbedoxɔ la ƒe ʋɔtruwo ale be ame aɖeke magasubɔ Mawu le afi ma o eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe Yerusalem ƒe dzogoe ɖe sia ɖe dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye fia la ƒo Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo nu ƒu, eye wògbã Mawu ƒe aƒe ŋu dɔwɔnuwo, etu Yehowa ƒe aƒe ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖi vɔsamlekpuiwo ɖe dzogoewo katã dzi le Yerusalem.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒo Mawu ƒe aƒe la me dɔwɔnuwo katã nu ƒu, eye wògbã wo gudugudu. Etu Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe ʋɔtruwo, eye wòɖi vɔsamlekpui ɖe dzogoewo katã me le Yerusalem.