2 Chronicles 28:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nu sia ta Yehowa Mawu tsɔe de asi na Aram fia eye wosii heɖe aboyo eƒe ame geɖewo yi Damasko. Wotsɔe de asi na Israel fia hã, ame si sii vevie ŋutɔ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yehowa, eƒe Mawu la, tsɔe de asi na Aram-fia, eye wosii, eye woɖe aboyo eƒe ame geɖewo hekplɔ yi Damasko. Wotsɔe de asi na Israel-fia hã, amesi sii vevie ŋuta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta Aƒetɔ, eƒe Mawu la, tsɔe de asi na Siria-fia eye wòsii, ɖe aboyo eƒe ame geɖewo va Damasko. Etsɔe de asi na Israel-fia hã, ame si sii vevie ŋutɔ.