2 Chronicles 28:7 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, Zikri, aʋawɔla sesẽ aɖe, tso Efraim, wu fiavi, Maaseya kple fia la ƒe kpeɖeŋutɔ, Azrikam kple Elkana, ame si nye ŋusẽtɔ evelia kplɔ fia la ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Efrayim ƒe kalẽto Zixri wu fiavi Maaseya kple aƒenua Azrikam kpa kple Elkana, amesi nye evelia, kplɔ fia ɖo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Aʋawɔla kalẽtɔ Zixri tso Efrayim-to la me wu Maaseya, fiaviŋutsu la. Egawu Azrikam, fiasã la dzikpɔla kple Elkana, ame si si ŋusẽ le kplɔ fia la ɖo.