2 Chronicles 28:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Israelviwo ƒe aʋakɔwo ɖe aboyo Yudatɔwo ƒe nyɔnu kple ɖevi akpe alafa eve (200,000) eye woha afunyinu geɖewo tsɔ yi Samaria.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Israel-viwo ɖe aboyo nyɔnuwo, ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo ame akpe alafa eve le wo nɔviwò dome, eye woha woƒe nui geɖewo hã, eye wotsɔ aboyonuawo va Samaria.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Israelviwo ɖe aboyo ame akpe alafa eve tso wo nɔviwo dome siwo nye nyɔnuwo, ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo, eye woha woƒe nu geɖe hã. Wotsɔ aboyonuawo va Samaria.