2 Chronicles 29:34 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ na numevɔ la sasa o, ale wo nɔvi Levitɔwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime wowu dɔ la nu eye va se ɖe esime nunɔla geɖewo va dɔwɔƒe la; elabena Levitɔwo nɔ klalo be yewoakɔ yewo ɖokuiwo ŋu wu ale si nunɔlawo nɔ klaloe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke nunɔlawo mesɔ gbɔ, be woako numevɔsalãwo katã o; eyata wo nɔvi Lewi-viwo kpe ɖe wo ŋu, vaseɖe esime dɔ blibo la wu nu. Eye nunɔlawo kɔ wo ɖokui ŋu, elabena Lewi-viwo ƒe dzime kɔ wu nunɔlawo tɔ ɖe wo ɖokui ŋutikɔkɔ ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke esi nunɔlawo megade ha ako numemevɔsalãwo katã o ta la, wo nɔvi Levi viwo kpe ɖe wo ŋu va se ɖe esime dɔ blibo la wu nu. Le ɣe ma ɣi me la, nunɔla bubuwo hã kɔ wo ɖokui ŋu. Elabe Levi viwo léa fɔ ɖe wo ɖokui ŋu kɔkɔ ŋu wu nunɔlaawo.