2 Chronicles 3:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Tete Solomo na wodze Yehowa ƒe gbedoxɔ la tutu gɔme. Wotui ɖe Yerusalem, le Moria to la dzi, afi si Yehowa ɖe eɖokui fia Solomo fofo, Fia David le, afi si Arauna, Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe nɔ. David tia teƒe ma be wòanye gbedoxɔ la ƒe nɔƒe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Salomo dze Yehowa ƒe xɔ la tutu gɔme le Yerusalem; ɖe Moriya-to, si dzi wòɖe eɖokui fia fofoa Dawid le la dzi, ɖe teƒe, si Dawid dzra ɖo ɖe Yebusitɔ Ornan ƒe lugbɔƒe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Salomo dze Aƒetɔ ƒe xɔ la tutu gɔme le Yerusalem, ɖe Moria-to la dzi le teƒe si Aƒetɔ ɖe eɖokui fia tɔ́a David le. Afi sia nye Ornan Yebusitɔ la ƒe lugbɔƒe si David dzra ɖo ɖi la.