2 Chronicles 3:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Etu sɔti eve ɖe gbedoxɔ la ŋkume, ɖeka ɖe dziehe gome, evelia ɖe anyiehe gome eye wòna ŋkɔ wo. Woyɔa dziehetɔ be, Yakin eye woyɔa anyiehetɔ be, Boaz.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòtu sɔtiawo ɖe akpata la nu, ɖeka le ɖusi me, eye evelia le mia me; ena ŋkɔ ɖusimetɔ be Yaxin, eye wòna ŋkɔ miametɔ be Boaz.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Etu sɔtiawo ɖe akpata la ŋgɔ, ɖeka le ɖusime, eye evelia le miame. Ena ŋkɔ ɖusimetɔ be Yaxin eye wòna ŋkɔ miametɔ be Boaz.