2 Chronicles 3:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Teƒe si woyɔna be Kɔkɔeƒe Ƒe Kɔkɔeƒe la le gbedoxɔ la ƒe akpa ɖeka. Eƒe didime nye mita asieke eye eƒe kekeme hã nye mita asieke. Wofa sika si ƒe kpekpeme nye “tɔn” blaeve-vɔ-ɖekɛ la ɖe gliawo ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ewɔ kɔkɔefewo ƒe kɔkɔeƒe ƒe xɔ la wòdidi abɔklugui blave ɖe xɔ la ƒe kekeme nu, eye eƒe kekeme le abɔklugui blave, eye wòfa sika nyuitɔ talento alafa ade ɖe eme.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ewɔ kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe ɖe xɔa me. Edidi meta asieke, abe xɔa ƒe kekeme ene, eye wòkeke meta asieke. Etsɔ sika nyuitɔ ton bla eve ƒe kpekpeme fa ɖe kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la ƒe gliawo ŋu.