2 Chronicles 30:1 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hezekia ɖo du ɖe Israel kple Yuda blibo la eye wòŋlɔ agbalẽwo hã ɖo ɖe Efraim kple Manase toawo, nɔ wo kpem be woava Yehowa ƒe gbedoxɔ me le Yerusalem eye woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye Xizkiya ɖo ame ɖe Israel blibo la kple Yuda, eye woŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Efrayim kple Manase, be woava Yehowa ƒe aƒe la me le Yerusalem, ne woaɖu ŋutitotoŋkekenyuie la na Yehowa, Israel ƒe Mawu la.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Xizkiya ɖo du ɖe Israel blibo la kple Yuda, eye wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Efrayim kple Manase be woava Aƒetɔ ƒe aƒe la me le Yerusalem, ne woaɖu Paska la na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la.