2 Chronicles 30:12 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Le Yuda la, Mawu ƒe Gbɔgbɔ nyɔ didi sesẽ aɖe le dukɔ blibo la me be woawɔ Yehowa ƒe ɖoɖowo dzi abe ale si fia la kple eŋumewo bia tso wo si la ene.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Mawu ƒe asi va Yuda hã dzi, eye wòna dzi ɖeka ŋugbee wo, be woawɔ fia kple amegãwo ƒe se la dzi le Yehowa ƒe nya nu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Yuda hã la, Mawu trɔ amewo ƒe dzi be wowɔ ɖeka hewɔ Aƒetɔ ƒe nya si fia la kple amegãwo gblɔ na wo la dzi.