2 Chronicles 30:15 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, ameawo wu alẽviwo hena Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levitɔwo, ale wokɔ wo ɖokuiwo ŋu eye wotsɔ numevɔsanuwo yi gbedoxɔ la me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woɖu ŋutitotoŋkekenyuie la le dzinu evelia ƒe ŋkeke wuienelia dzi; eye ŋukpe lé nunɔlawo kple Lewi-viwo wokɔ wo ɖokui ŋu hesa numevɔ le Yehowa ƒe aƒe la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wowu ŋutitotolãawo le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wui enelia dzi. Ŋukpe lé nunɔlawo kple Levi viwo, eye wokɔ wo ɖokui ŋu va sa numemevɔ le Aƒetɔ ƒe aƒe la me.