2 Chronicles 30:17 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi ameawo dometɔ geɖewo mekɔ wo ɖokuiwo ŋu o ta la, womete ŋu wu alẽviwo na Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu o eya ta Levitɔwo wu wo na wo eye wotsɔ alẽviawo de asi na Yehowa.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi ame geɖewo le ameha la dome, siwo mekɔ wo ɖokui ŋu o la, eyata Lewi-viwo wu ŋutitotoŋkekenyuie ƒe vɔsalãwo na amesiwo nu mekɔ o, ne woakɔ wo ŋu na Yehowa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame geɖe ŋutɔ le ameha la me siwo mekɔ wo ɖokui ŋu o, eya ta Levi viwo wu Paskalẽviawo na ame siwo ŋu mekɔ o, ne woakɔ wo ŋu na Aƒetɔ.