2 Chronicles 30:21 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Israelviwo ɖu Ŋutitotoŋkekenyui la le Yerusalem ŋkeke adre kple dzidzɔ gã. Le ɣe ma ɣi la, Levitɔwo kple nunɔlawo kafua Mawu sesĩe kple hadzidziwo kple gakogoewo gbe sia gbe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ale Israel-vi, siwo le Yerusalem la, ɖu abolo maʋamaʋã ŋkekenyuie la ŋkeke adre kple dzidzɔ gãa ɖe, eye Lewi-viwo kple nunɔlawo tsɔ Yehowa ƒe hadzinuwo kafu Yehowa gbesiagbe sesĩe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale Israelvi siwo va Yerusalem la ɖu Abolo Maʋamaʋã Ŋkeke Nyui la ŋkeke adrẽ kple dzidzɔ gã ŋutɔ, eye Levi viwo kple nunɔlawo tsɔ hadzinuwo kafu Aƒetɔ sesĩe ŋkekeawo katã.