2 Chronicles 30:5 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
eya ta woɖe gbeƒã Ŋutitotoŋkekenyui la ɖuɖu to Israelnyigba blibo la dzi, tso Dan yi Beerseba eye wokpe ame sia ame va Yerusalem hena ŋkekenyuia ɖuɖu na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, elabena eteƒe didi Israelviwo megaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la kpɔ, abe ale si woŋlɔe ɖi ene o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye woɖo kpe nya la dzi be, woaɖe gbe ƒã le Israel blibo la tso Beer-Seba vaseɖe Dan, ne woava ɖu ŋutitotoŋkekenyuie na Yehowa, Israel ƒe Mawu la, le Yerusalem, elabena eteƒe didi womegaɖu kpɔ, abe alesi woŋlɔe ɖi ene o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale woɖo kpe edzi be woaɖe gbeƒã na Israelviwo katã tso Beer-Seba va se ɖe Dan bene woava ɖu Paska na Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la le Yerusalem, elabe eteƒe didi womegaɖui kpɔ abe ale si woŋlɔe ɖi ene o.