2 Chronicles 30:6 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Dɔlawo xɔ agbalẽawo le fia la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le le Israel blibo la kple Yuda eye wogblɔ le fia la ƒe sedede nu be be, “Israelviwo, mitrɔ gbɔ va Yehowa, Abraham kple Isak kple Israel ƒe Mawu la gbɔ, ale be eya hã natrɔ ɖe mi ame siwo do le Asiria fiawo ƒe ŋusẽ te la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye duxɔlawo xɔ agbalẽawo le ha la kple eƒe amegãwo si ɖatsa le Israel blibo la kple Yuda, eye wogblɔ le fia ƒe sedede nu bena Israel-viwo, mitrɔ ɖe Yehowa, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu la ŋu, ne wòatrɔ ɖe miaƒe ame mamleawo, siwo gatso Asur-fia si me la ŋu!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Dɔtsɔlawo xɔ agbalẽawo tso fia la kple eƒe dumegãwo gbɔ, eye woɖatsa le Israel bliboa kple Yuda abe ale si fia ɖe gbe na woe ene be: “Israel ƒe dzidzimeviwo, mitrɔ ɖe Aƒetɔ, Abraham, Isak kple Israel ƒe Mawu la ŋu, ne wòatrɔ ɖe miaƒe ame mamlɛa, siwo sí tso Asiria-fia si me va la ŋu.