2 Chronicles 30:8 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miganye kɔlialiatɔwo abe woawo ene o, ke boŋ miɖe asi le mia ɖokuiwo ŋu na Yehowa eye miatrɔ va eƒe gbedoxɔ si ŋu wokɔ tegbee la me. Misubɔ Yehowa, miaƒe Mawu la ale be eƒe dɔmedzoe helihelĩ la naɖe ɖa le mia dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Migasẽ ta me abe mia fofowo ene o, ke boŋ mina asi Yehowa, eye miva eƒe kɔkɔeƒe, si ŋu wòkɔ tegbee la, eye misubɔ Yehowa, mia Mawu, ne eƒe dɔmedzoe nu nata ɖe mia ŋu.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miawo ya migalia kɔ abe mia tɔgbuiwo ene o; ke boŋ miɖe asi le mia ɖokui ŋu na Aƒetɔ ne miava eƒe kɔkɔeƒe si ŋu wòkɔ tegbee la. Miva subɔ Aƒetɔ, mia Mawu la, eye eƒe dziku helihelĩ ɖe mia ŋu nu afa.