2 Chronicles 31:1 — Compare Translations

3 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi nu siawo katã wu enu la, Israelvi siwo katã nɔ afi ma la do go yi Yuda ƒe duwo me eye wogbã legbawo, heho aƒeliwo ƒu anyi, wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpui siwo katã nɔ Yuda, Benyamin, Efraim kple Manase. Esi wotsrɔ̃ nu siawo katã vɔ megbe la, Israelviwo gbugbɔ yi woawo ŋutɔ ƒe duwo me eye woyi ɖanɔ woƒe aƒewo me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esi wowu nusiawo katã nu vɔ la, Israel blibo, si va la, ho yi Yuda-duwo me, eye wogbã aƒeliwo, wòmũ Aserawo, eye wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo le Yuda blibo la. Benyamin, Efrayim kple Manase, vaseɖe esime wogblẽ wo keŋkeŋ. Emegbe Israel-viwo katã dome amesiame gbugbɔ yi eƒe du me le eƒe anyigba dzi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wowu nu siawo katã nu la, Israelvi siwo katã va la ho yi Yuda-duwo me. Wogbã aƒeliwo, mu nyɔnumawu Aserawo, eye wogbã nuxeƒewo kple vɔsamlekpuiwo le Yuda, Benyamin, Efrayim kple Manase nutowo me va se ɖe esime wogblẽ wo katã. Emegbe Israel blibo la gbugbɔ yi woƒe duwo me, le woƒe nunɔamesiwo gbɔ.