2 Chronicles 31:10 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
nunɔlagã Azaria, tso Zadok ƒe hlɔ̃ me, ɖo eŋu be, “Esiawoe nye nuwo ƒe ewolia ƒe ɖeka! Míele nu ɖum tso nu siawo me kɔsiɖa geɖewo nye esi gake nu gbogbo siawo gasusɔ elabena Yehowa yra eƒe amewo.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nunɔlagã Azarya tso Zadok-ƒe me ɖo ŋu nɛ gblɔ bena: Tso esime wode asi nudzɔdzɔ tsɔtsɔ me va Yehowa-ƒe me la, mieɖu nu ɖi ƒo, eye wòkpɔtɔ taŋtaŋ, elabena Yehowa yra eƒe dukɔ la, eyata nu gbogbo siawo kpɔtɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye nunɔlagã Azarya, si nye Zadok ƒe dzidzimevi la ɖo eŋu nɛ be: “Tso esime wode asi nudzɔdzɔawo tsɔtsɔ va Aƒetɔ ƒe aƒe la me la, míeɖu nu ɖi ƒo, wògasusɔ fũu, elabe Aƒetɔ yra eƒe dukɔ la eya ta nu gbogbo siawo susɔ ɖo.”