2 Chronicles 31:14 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kore, Levitɔ, Imna ƒe viŋutsu, Ɣedzeƒegbo la nudzɔla nɔ lɔlɔ̃nununana siwo wotsɔ vɛ na Mawu la dzi kpɔm. Enɔ nu siwo wodzɔ na Yehowa la kple nunana siwo ŋu wokɔ la mam.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wotsɔ Kore, Yimna vi, si nye Lewi-vi, eye wònye agbonudzɔla le ɣedzeƒekpa dzi la, ɖo nusiwo wona faa la nu, ne woatsɔ Yehowa ƒe nudzɔdzɔwo kple nu kɔkɔeawo nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Woɖo Kore, Yimna vi, ame si nye Levi vi, eye wònye agbonudzɔla le gbedoxɔa ƒe ɣedzeƒekpa dzi la be wòanɔ nu siwo amewo va naa Aƒetɔ faa la xɔm, eye wòanɔ wo mam hã.