2 Chronicles 31:16 — Compare Translations
3 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Hekpe ɖe esiawo ŋuti la, woma nu na viŋutsu siwo xɔ ƒe etɔ̃ alo wu nenema, ame siwo ƒe ŋkɔwo menɔ dzidzimegbalẽ la me o, ame siwo dze be woayi ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔ la me be woawɔ woƒe gbe sia gbe dɔdeasiwo le dɔ vovovo siwo woɖo na wo ɖe woƒe hatsotsowo me nu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
negbe ŋutsuvi, siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽ la me, amesiwo xɔ ƒe etɔ̃ kpakple amesiwo xɔ wu nenema, amesiwo katã va Yehowa ƒe aƒe la me, be yewoawɔ woƒe subɔsubɔdɔwo le woƒe ɖoɖowo nu, abe alesi wohiã gbesiagbe ene la, koe mele eme o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ame siwo mele eme o la woe nye: Ŋutsu siwo ŋkɔ woŋlɔ ɖe dzidzimegbalẽ la me, eye woxɔ ƒe etɔ̃ alo wu nenema, ame siwo katã vaa Aƒetɔ ƒe aƒe la me be woawɔ woƒe subɔsubɔdɔ le woƒe ɖoɖowo nu.